Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yoel 1:10 - Agbenya La

10 Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Agble zu gbegbe, eye anyigba le nu xam, elabena bli gblẽ, aha yeye no ƒiaƒiaƒia, eye ami ƒu kplakplakpla.

Onani mutuwo Koperani




Yoel 1:10
19 Mawu Ofanana  

Anyigba maganyo nuku na wò o, ne èku kutri le edzi vevie gɔ̃ hã! Azɔ la, àzu tsaglãlatsala kple godzela le anyigba dzi.”


Nimrim tɔsisi la hã amie, ahaƒu kplakplakpla, eye gbewo katã ayrɔ; nu miemiewo katã aku, eye gbe mumu aɖeke maganɔ anyi o.


Wole ɣli dom le wain dim le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã. Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle, eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi.


Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.


Wole ewɔ ge wòazu gbegbe kple kuɖiɖinyigba si manyo na naneke le ŋkunye me o. Anyigba la katã azu aƒedo elabena ame aɖeke manɔ anyi si atsɔ ɖe le eme o.


Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”


Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o.


Esiawo tae miaƒe anyigba megale nuku wɔm o ɖo, anyigba la dzi yɔ fũu kple nuxaxa, nu gbagbe ɖe sia ɖe le dɔ lém, eye ɖewo le kukum; lãwo, dziƒoxeviwo kple tɔmelãwo gɔ̃ hã le tsɔtsrɔ̃m.


Lugbɔƒewo kple wainfiaƒewo mana nuɖuɖu amewo o, eye woƒe aha yeye agblẽ.


Wainkawo ku, gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, detiwo kple atɔtɔŋutiwo kple agblemetiwo katã kura hã ku. Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.


Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!


Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.


Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o.


Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,


Meɖe gbe be ku neɖi le agblewo kple towo dzi. Kuɖiɖi ana bli, wain yeye, ami kple miaƒe agblemenu bubuwo nagblẽ. Kuɖiɖi la nava amegbetɔwo, lãwo kple amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe sia ɖe dzi.”


“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa