4 Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
4 Matso ɖeviwo aɖo woƒe amegãwoe, eye ɖevinuwɔlawo aɖu fia ɖe wo dzi;
Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.
Yehoyatsin xɔ ƒe enyi ko esi wòɖu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo ko. Ewɔ nu vɔ̃ le Mawu ƒe ŋkume o.
Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.
Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem.
Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem.
Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.
Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme, ke eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃.
ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi.
“Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.