Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yesaya 3:3 - Agbenya La

3 ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ame blaatɔ̃wo ƒe amegãwo, ame ŋkutawo, adaŋudelavvo, aɖaŋuawo ƒe amegãwo kple dzotɔwo.

Onani mutuwo Koperani




Yesaya 3:3
11 Mawu Ofanana  

evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò.


“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.


Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”


Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo,


Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.


Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta; dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo, eye tsikɔ awu ame haho la.


Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la, eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la.


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”


Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa