Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 7:3 - Agbenya La

3 Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖɔ miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo, ekema mana mianɔ teƒe sia.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 7:3
18 Mawu Ofanana  

Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.”


Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”


Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o, ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me eye wògbe nu le wo gbɔ.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu, eye ŋutasẽla neɖe asi le eƒe susu vɔ̃wo ŋu, netrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nublanui nɛ kple miaƒe Mawu la ŋu, elabena atsɔ wo akee faa.


ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee.


“Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’


eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o.


Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o.


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o.


Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’


Yehowa be, “O Israel, ne miatrɔ la, ekema mitrɔ va gbɔnye ne mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’


Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa