Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yeremia 7:2 - Agbenya La

2 “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




Yeremia 7:2
38 Mawu Ofanana  

Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.


O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.


Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo!


Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe


Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi.


Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena,


“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi.


Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe, mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o.


Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.


“ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o,


Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.


Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va.


Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya.


Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia:


Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo.


“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi


Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’


Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!


Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ


Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.


Ame si to senu li na la nesee.”


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o.


“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”


Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


Ame sia ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”


Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa