Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 5:6 - Agbenya La

6 Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 5:6
24 Mawu Ofanana  

ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo; ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me.


Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.


“Gake kpao! Esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ɛhɛ̃, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge, ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge. Mía tɔwo, mina míawui be agble sia nazu mía tɔ!’ ”


Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu.


Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo.


“Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe, eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã.


Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.


Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge, eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.


Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la, nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”


Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.


Eye, “Nenye be bebli hafi ame dzɔdzɔe nakpɔ ɖeɖe la, ekema aleke wòanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa