Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 5:10 - Agbenya La

10 Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 5:10
19 Mawu Ofanana  

Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.


Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”


“Dzodzroe mehe to na wò amewo, elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o. Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.


Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”


Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”


“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o.


“Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti.


Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ.


Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Dzɔdzɔetɔ la ƒe vava ɖi eye miawo hã miede ame sia asi, eye miewui.


Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la.


Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo.


Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi.


Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa