Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 4:9 - Agbenya La

9 Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 4:9
25 Mawu Ofanana  

Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem.


Nye kasaŋku do konyifagbe eye nye dze le avigbe dom.


Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.


Hafi woava aka hiãm la, metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la.


Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo.


Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me.


elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme?


Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe.


Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.


Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.


Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!


“Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.


Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.


Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa