Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 4:14 - Agbenya La

14 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 4:14
17 Mawu Ofanana  

Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem?


Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.


Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.


Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela


Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye, eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o.


Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!


Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna ŋu o elabena mènya nu si ŋkeke la ahe vɛ o.


Amegbetɔ nye nu gblɔe: ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si le ŋɔtime nɛ ene! Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?


Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.


Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene.


Elabena, “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene, gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,


Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ, eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.


Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa