Yakobo 4:11 - Agbenya La11 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191311 Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.