Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 3:3 - Agbenya La

3 Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Azɔ ne míedea numega sɔwo ƒe nu me, bene woaɖo to mi la, ekema míetrɔa lã blibo la katã hã.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 3:3
7 Mawu Ofanana  

Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.’


Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu? Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?


Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o.


Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”


Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye, eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la, matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò, made numega nu me na wò, eye mana mɔ si nèto va la nàgato eya ke dzi adzo.


Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.


Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa