Yakobo 3:16 - Agbenya La16 elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le la, afi ma masɔmasɔ kple nu vlo ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191316 Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna. Onani mutuwo |
elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.