Yakobo 3:14 - Agbenya La14 Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o. Onani mutuwo |
elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.