Yakobo 3:10 - Agbenya La10 Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191310 Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o. Onani mutuwo |
elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.