Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la, wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebul si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”
Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe, eye wo ame eve la trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.