Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Yakobo 1:6 - Agbenya La

6 Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.

Onani mutuwo Koperani




Yakobo 1:6
14 Mawu Ofanana  

Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.


Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wò tututue la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”


eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”


Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o,


Eya ta medi be le afi sia afi la, ŋutsuwo nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu, ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.


Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋamaʋãe, elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.


Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.


Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.


Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o,


Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.


Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖitsiɖi ɖo ɖi na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa