Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Ɖela Yesu Kristo ƒe vava me. Kristo Yesu ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi, eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to nyanyui la me.
Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me.