Tito 3:13 - Agbenya La13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191313 Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o. Onani mutuwo |
Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.