Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Tito 3:10 - Agbenya La

10 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;

Onani mutuwo Koperani




Tito 3:10
12 Mawu Ofanana  

Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, nana amewo ƒe xɔse trana, eye wofiaa nu siwo tsi tsitre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.


Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ċa le mia dome.


Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o,


Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.


trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo,


Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o.


ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.


Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.


Ne ame aɖe va kple nufiafia si mesɔ ɖe Kristo tɔ dzi o la, migado wòezɔ teti hã nɛ o, eye migaxɔe ɖe miaƒe aƒe me kura o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa