Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ fia, eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe.
Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.
Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔ nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nae la katã, ale be le nuwo katã me la, woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.