Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Tito 1:12 - Agbenya La

12 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“

Onani mutuwo Koperani




Tito 1:12
12 Mawu Ofanana  

‘Eya mee míele agbe le, eye míeʋãna le, eye míele.’ Abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene be, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’


Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”


Eye esi wònye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ, aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la. Foenike si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe la trɔ mo de dzigbemeɣetoɖoƒe kple anyigbemeɣetoɖoƒe.


Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.


Míenɔ tsia dzi, eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖeko míegbɔ eme to Salmone ʋudzeƒe la ŋu heyi Kreta.


Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.


Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa, eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o.


Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene.


Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo, eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã woatsrɔ̃.


Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor ƒe vi Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa