Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:5 - Agbenya La

5 Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Boas gblɔ bena: Gbesigbe naxɔ agblea aƒle le Naomi si la, gbemagbe naxɔ Moab-nyɔnu Rut, si nye ame kuku la srɔ̃ hã, ne ame kuku la ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu!

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:5
6 Mawu Ofanana  

Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.”


“Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome.


va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ.


Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa