Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:4 - Agbenya La

4 eye mekpɔ be ele be maƒo nu kpli wò tso eŋu, ale be ne èlɔ̃ la, nàƒlee le bubume siawo, ame siwo nye míaƒe ɖasefowo la ƒe ŋkume. Ne èdi be yeaƒlee la, ekema nàna manya fifi laa, elabena ne màƒlee o la, maƒlee. Wòe nye ame gbãtɔ si aƒlee; nyee nye evelia.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Enyo, maƒlee.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:4
12 Mawu Ofanana  

“Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”


Abraham tɔ le Hititɔ siwo va du la ƒe agbo nu la katã ƒe ŋkume.


Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ”


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia.


“Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la,


Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.


Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”


Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum.


Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa