Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:13 - Agbenya La

13 Ale Boaz ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ale Boas ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:13
12 Mawu Ofanana  

Abraham do gbe ɖa be Mawu nayɔ dɔ Abimelek srɔ̃ kple eƒe dɔlanyɔnuwo ale be woate ŋu adzi vi azɔ,


Isak ɖe kuku na Yehowa be wòana vi ye kple Rebeka, elabena le ƒe geɖewo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, womedzi vi o. Mlɔeba la, Rebeka va fɔ fu.


Ke esi Yakob melɔ̃ Lea tututu o ta la, Yehowa na vi Lea, eye wòna Rahel tsi ko.


Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”


Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”


Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe.


Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.”


Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam.


Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa