Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:1 - Agbenya La

1 Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Boas yi agbo nu hebɔbɔ nɔ afima. Eye kpɔ ɖa, srɔ̃ɖia, si ŋu Boas ƒo nu, le la, va yina, eye wògblɔ bena: Xɔ̃, va bɔbɔ nɔ afi! Eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:1
21 Mawu Ofanana  

Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Efrɔn nɔ ameawo dome. Eƒo nu, ɖo Abraham ƒe nya la ŋu le Hititɔwo katã ŋkume. Egblɔ na Abraham be,


Ale Hamor kple Sekem wɔ takpekpe kple dua me ŋutsuwo katã le dua ƒe agbo nu, eye wòtsɔ nya la ɖo wo ŋkume.


Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”


Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.


“Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la,


ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be woxɔa nye nya le ʋɔnu la,


Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.


Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.


“Miva, mi ame siwo katã tsikɔ le wuwum. Miva tsi gbɔ, eye mi ame siwo si ga mele o, miva ƒle nu ne miaɖu! Miva dze wain kple nyinotsi, menye kple ga o, ke boŋ femaxee.


Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me.


Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.


“ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.


Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku.


ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ,


Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’


Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome.


Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum.


Tete Naomi gblɔ na Rut be, “Vinyenyɔnu, lala va se ɖe esime nàkpɔ ale si nya la ava wu enui ɖa, elabena Boaz madzudzɔ o, va se ɖe esime wòakpɔ ta na nya la egbea.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa