Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 3:7 - Agbenya La

7 Esi Boaz ɖu nu, eye wòno nu vɔ la, eyi ɖamlɔ anyi dzidzemetɔe ɖe afi si woƒo lu ƒu ɖo la. Rut wɔ ɖɔɖɔɖɔ yi ɖaɖe avɔ le Boaz ƒe afɔ gbɔ, eye wòmlɔ eƒe afɔ nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi Boas ɖu nu no nu, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme la, eyi be, wòamlɔ anyi ɖe lu, siwo woƒo ƒu la, ƒe mlɔenu. Ke eva dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ anyi.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 3:7
18 Mawu Ofanana  

Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.


Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”


Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas.


wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.


Nuɖuɖu hea nukoko vanɛ, wain hea dzidzɔ vanɛ, eye gae dia nu sia nu kpɔna.


Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona,


Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.


Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!


Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.


Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me.


Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe. Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la,


Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.”


Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.”


Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”


Ale Rut yi lugbɔƒe la, eye wòwɔ nu si lɔ̃xoa gblɔ nɛ la pɛpɛpɛ.


Le zãtitina lɔƒo la, Boaz ɖi vo, nyɔ hefɔ bɔbɔ nɔ anyi. Ekpɔ nyɔnu aɖe wòmlɔ eƒe afɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa