Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 2:9 - Agbenya La

9 Lé ŋku ɖe afi si ŋutsuawo le nuku xam le la ŋu, eye nàdze nye dɔlanyɔnuwo yome. Mede se na ŋutsuawo be womaɖe fu aɖeke na wò o, eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi nàku tsi le ze siwo me ŋutsuawo ku tsi ɖo la me nàno.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Afisiafi, si wole nu xam le agblea me le nèkpɔ la, ɖze wo yome, elabena mede se na dɔlawo bena, womegaɖe fu na wò o; eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi ɖe zeawo gbɔ nano tsi, si dɔlawo du ɖi!

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 2:9
11 Mawu Ofanana  

Mawu ɖo eŋu be, “Ɛ̃, menyae nenema, eya ta mekpɔ egbɔ be mèwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Esia tae nyemeɖe mɔ na wò be nàka asi eŋu o ɖo.


“Mikpɔ nye nublanui, xɔ̃nyewo, mikpɔ nublanui nam elabena Mawu ƒe asi ƒom.


“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”


Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.


Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”


Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o,


Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o.


Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”


Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa