Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 2:7 - Agbenya La

7 Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Egblɔ nam bena: Na mafɔ nusiwo dzɔ ɖe nubablawo domee le nuxalawo yome la, aƒo ƒu na ɖokuinye. Ŋdi ke wòva hetsi anyi vaseɖe fifia, eye azɔ ko wòle gbɔgblɔm ɖe eme vie.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 2:7
14 Mawu Ofanana  

Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.


Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ, ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe.


Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.


Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.


Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.


Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”


Rut, Moab nyɔnu la yi edzi be, “Egblɔ nam gɔ̃ hã be magava, eye manɔ nuxalawo yome kplikplikpli va se ɖe esime woawu nukuawo xaxa le agble blibo la me nu.”


Dzikpɔla la ɖo eŋu be, “Ɖetugbi si tso Moabnyigba dzi va kple lɔ̃xoa, Naomi lae.


Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa