Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 2:11 - Agbenya La

11 Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Boas ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wogblɔ nusiwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò, le srɔ̃wò ƒe ku megbe kple alesi nègblẽ fofowò kple dawò kpakple mia de ɖi heʋu va ɖukɔi, si mènya tsã o gbɔ la nam

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 2:11
15 Mawu Ofanana  

Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la,


O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.


Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!


Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.


Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso, nàzɔ azɔli mahã’?


Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea?


Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”


Yehowa naɖo nyui si nèwɔ la teƒe na wò. Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si gbɔ nèva le sitsoƒe dim le la naɖo eteƒe na wò.”


Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi.


nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa