Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:8 - Agbenya La

8 Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:8
14 Mawu Ofanana  

Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta.


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.


Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi.


esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na.


Maxlon kple Kilion hã ku, ale wòsusɔ wo dada Naomi ko; srɔ̃ kple vi aɖeke meganɔ esi o.


Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.


Yehowa ŋutɔ nana be mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ dzidzeme le srɔ̃ŋutsu bubu ƒe aƒe me.” Naomi gbugbɔ nu na wo, eye wofa avi hehehe.


Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”


Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa