Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:14 - Agbenya La

14 Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete wogafa avi sesĩe. Eye Orpa ɖuɖɔ nu na lɔ̃xoa, ke Rut ya ku ɖe eŋu,

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:14
22 Mawu Ofanana  

Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ.


Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de.


Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.


Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”


Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi, ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.


Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.


Yehowa akpɔ nublanui na Yakob, aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti, eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Le ŋkeke mawo me la, ŋutsu ewo atso gbegbɔgblɔwo kple dukɔ bubuwo me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu to ahagblɔ be, ‘Na míayi kpli wò, elabena míese be Mawu li kpli mi.’ ”


“Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o.


Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,


Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.


Ame ʋɛ aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damaris.


Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi.


Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe.


elabena Dema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika, elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia.


Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe.


ɖe mialala va se ɖe esime woatsia? Ɖe mianɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee va se ɖe ɣe ma ɣia? Ao, vinyenyɔnuwo, ele veyem na mi wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã, elabena Yehowa do asi ɖe gbɔnye!”


Ale Naomi gblɔ nɛ be, “Rut, atsuwòsi trɔ yi eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ; wò hã, trɔ nàyi aƒe me kplii.”


Eya ta eya kple lɔ̃xoyɔvi eveawo dzra ɖo hedze mɔ ɖo ta aƒe.


Boaz ɖo eŋu be, “Mese nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃a ku. Menya nu tso ale si nègblẽ fofowò, dawò kple mia de ɖi kple ale si nèva le ame siwo mènya tsã o dome la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa