Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 9:7 - Agbenya La

7 Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 9:7
11 Mawu Ofanana  

Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.


Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham.


“Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’


Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.


Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ta nègblɔ be, míazu ablɔɖeviwo ɖo?”


Abraham ƒe viŋutsu si dada nye kosi la, wodzii le ŋutilã la nu, ke viŋutsu si dada nye ablɔɖenyɔnu la, wodzii le ŋugbedodo la nu.


Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo.


elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,


togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa