Romatɔwo 9:5 - Agbenya La5 Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee la! Amen. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. Onani mutuwo |
Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.