Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 9:2 - Agbenya La

2 be mele nu xam ŋutɔ, eye nye dzi le veve sem ɣe sia ɣi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 9:2
15 Mawu Ofanana  

Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.


“Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye mikpɔ dzidzɔ kplii, mi ame siwo katã lɔ̃e. Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii, mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,


Ke ne mieɖo to o la, mafa avi le bebeme le miaƒe dada ta. Nye ŋkuwo afa avi vevie eye aɖatsi ado le mo nam blobloblo elabena woaɖe aboyo Yehowa ƒe alẽha la.


Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu.


“Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?


Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta.


eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”


Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye dzimedidi kple nye gbedodoɖa na Mawue nye be Israeltɔwo nakpɔ ɖeɖe.


Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele alakpa dam o, eye nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me,


Elabena anyo nam wu be woabu fɔm, eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Israeltɔwo, nakpɔ ɖeɖe.


Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo.


Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).”


Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa