Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 8:6 - Agbenya La

6 Elabena susu si ŋutilã la kplɔna la nye ku, ke susu si Gbɔgbɔ la kplɔna la nye agbe kple ŋutifafa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa;

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 8:6
17 Mawu Ofanana  

Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.


Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí.


Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.


Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!


Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.


Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam.


Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku.


Elabena ne miegale agbe le ŋutilã nu la, miaku; gake ne mietsɔ Gbɔgbɔ la ɖu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo dzi la, mianɔ agbe.


Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.


Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o.


Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,


Ame si ƒã nu le ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ tso ŋutilã me; ke ame si ƒã nu le Gbɔgbɔ la me la, aŋe agbe mavɔ tso Gbɔgbɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa