Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 7:23 - Agbenya La

23 gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 7:23
16 Mawu Ofanana  

Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta.


Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.


Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.


Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.


Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃.


Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam.


Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.


Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku.


elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.


Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.


Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.


Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.


Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa?


Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa