Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 7:12 - Agbenya La

12 Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eva la se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 7:12
15 Mawu Ofanana  

“Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo.


Elabena melɔ̃ wò sewo wu sika kple sika nyuitɔ.


O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe.


Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.


Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe.


Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla, ale be woavɔ̃ wò.


Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo; kpe ɖe ŋunye, elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe.


Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.


Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.


Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃.


Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo.


“Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo,


Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?


Míenyae be se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋu dɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa