Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:16 - Agbenya La

16 Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye menye alesi to ame ɖeka, si wɔ nuvɔ̃ la dzi, nunana la va ɖo o; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ la tso ame ɖeka me zu fɔbubu, ke amenuvevenunana la tso ame geɖewo ƒe vodadawo me zu avatsotsoname.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:16
14 Mawu Ofanana  

“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”


Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,


Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã.


Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o,


Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o.


Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”


Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa