Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 4:5 - Agbenya La

5 Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke amesi mele dɔ wɔm o, hafi wòxɔa amesi tso afia na ame mavɔ̃mawu la dzi sena la, wobua eƒe xɔse dzɔdzɔenyenye nɛ;

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 4:5
24 Mawu Ofanana  

“Nye kɔ nàkpɔ dadala la ɖa; nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke mele eya amea me o; ke ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse me.


Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”


“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.


Yesu ɖo eŋu be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖa la dzi ase.”


Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o,


ke míawo hã tae, mí ame siwo Mawu abui na dzɔdzɔenyenyee, mí ame siwo xɔa ame si fɔ Yesu, míaƒe Aƒetɔ la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome dzi sena.


Nu ka Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ? “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee.”


David gblɔ nya sia ke esi wòƒo nu tso ame si Mawu bu ame dzɔdzɔe ƒe yayra ŋu dɔ wɔwɔ manɔmee be,


eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu.


Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa