Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 4:19 - Agbenya La

19 Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o;

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 4:19
11 Mawu Ofanana  

Esi Abraham se nya siawo la, etsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume. Eko nu le eɖokui me le dzimaxɔse ta, hebia eɖokui be, “Ɖe nye ame si xɔ ƒe alafa ɖeka la, magate ŋu azu fofo, eye Sara ame si xɔ ƒe blaasiekɛ la agate ŋu adzi via?”


Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.


Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?”


Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo?


Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.


Nu nyuitɔ si nàwɔ lae nye be nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa