Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 3:6 - Agbenya La

6 Mele alea o! Ne ele nenema la, aleke Mawu adrɔ̃ ʋɔnu xexea mee?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Gbeɖe! Elabena ekema aleke Mawu ladrɔ̃ ʋɔnu xexeamee ma?

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 3:6
13 Mawu Ofanana  

Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”


Ɖe Mawu atso afia ŋkunɔa? Ɖe Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nya dzɔdzɔe abua?


Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela


Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me; akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me.


woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna, eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge. Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo le nyateƒe me.


Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.


Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”


elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”


Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene.


Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa