Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 3:30 - Agbenya La

30 Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 elabena Mawu ɖekae nye amesi tso afia na aʋatsotsotɔwo tso xɔse me kple aʋamatsomatsotɔwo tso xɔse me.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 3:30
18 Mawu Ofanana  

Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa?


Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.


Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o,


Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o.


Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo.


Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.


Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka.


Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.


Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.”


Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.


Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye.


O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe.


elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,


Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene la koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa