Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:27 - Agbenya La

27 Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:27
20 Mawu Ofanana  

Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.


Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’


Lɔlɔ̃ nana womedaa vo ɖe amehavi ŋu o. Eya ta lɔlɔ̃ na ame havie nye sedziwɔwɔ.


togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)


ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la,


Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene.


Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa?


Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.


Elabena Mawu ɖeka koe li, ame si atso afia na aʋatsotsotɔwo kple aʋamatsomatsotɔwo to xɔse ɖeka ma me.


be woawu se la ƒe dzɔdzɔenyenye nu le mí ame siwo mezɔna ɖe ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me.


Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi.


Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.


Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”


Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la,


Ènya ale si, esi nènye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nèdze nunya be nàkpɔ Mawu ƒe ɖeɖe to Kristo Yesu dzixɔse me.


To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa