Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:24 - Agbenya La

24 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:24
11 Mawu Ofanana  

gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”


“Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe. “Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ, eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.” Yehowae gblɔe. “Gbe sia gbe wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ,


“Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme.


“Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la!


Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.


Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.


Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.


Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.


Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa