Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:20 - Agbenya La

20 ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 kple ame manyanuwo ƒe hela kple ɖeviwo ƒe nufiala, amesi si sidzedze kple nyateƒe ƒe nɔnɔme, si le sea me la, le la,

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:20
11 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.


ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me,


Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.


Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔnyenye ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene.


Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe, vevietɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Kristo Yesu tsɔ na wò la ŋu.


ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le, evɔ wogbe nu le ŋusẽ si ana be woanɔ agbe le Mawu me la gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ.


Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.


Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo.


Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa