Romatɔwo 2:14 - Agbenya La14 (Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Elabena ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, Onani mutuwo |
Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.