Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 16:12 - Agbenya La

12 Mido gbe na xɔ̃nye Trifena kple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo. Mido gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Miɖuɖɔ Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me la, nam ƒã.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 16:12
14 Mawu Ofanana  

Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?


Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”


Medo gbe na ƒonyemetɔ Herodion. Mido gbe na kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me.


Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene.


Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.


Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu.


Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.


Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo.


Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.


eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa