Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:7 - Agbenya La

7 Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo, be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena mia dome amea ɖeke mele agbe na eɖokui o, eye amea ɖeke mekuna na eɖokui o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:7
10 Mawu Ofanana  

Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.


Nu sia tututu tae Kristo ku, eye wògatsi tsitre ɖo, ale be wòate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ le agbe kple ku me.


Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o,


Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.


Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe.


Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.


Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa