Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:5 - Agbenya La

5 Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ame ɖeka bua ŋkeke ɖeka wua ŋkeke bubu, ke ame bubu bua ŋkeke sia ŋkeke sɔsɔe. Amesiame nakpɔ kakaɖedzi le ye ŋutɔ ƒe tamesusu me.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:5
9 Mawu Ofanana  

Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu,


Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o.


Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃, elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la nye nu vɔ̃.


eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la.


Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me.


Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa