Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:4 - Agbenya La

4 Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:4
19 Mawu Ofanana  

Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo, eye nye afɔ meɖiɖi o.


elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ, ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te.


ne ekli nu hã la, madze anyi o elabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te.


Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee, ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo.


Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.


Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia ame siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”


Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi.


Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo.


Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.


Ke wò, amegbetɔ, ame ka nènye be nàhe nya kple Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla la be, “Nu ka ta nèwɔm alea ɖo mahã?”


Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.


ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia.


Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa